3 Eye wòɖo ŋu na wo bena: Aleke Mose de see na mi mahã?
3 Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?”
Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?
Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.
Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;
Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?
Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?
Ke wogblɔ bena: Mose ɖe mɔ bena, woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, eye woaɖe asi le eŋu.