Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.

Gade chapit la Kopi




Marko 10:18
14 Referans Kwoze  

Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.


Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.


Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.


Eye esi wòdze mɔ dzi la, amea ɖe si du va dze klo ɖe eƒe akɔ me, eye wòbiae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mava la dome mahã?


Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite