Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yuda kple Yerusalem ƒe vɔsawo avivi Yehowa nu abe le tsã ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo me ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.

Gade chapit la Kopi




Malaki 3:4
22 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.


Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.


Eye Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le afima le akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔa gbɔ la dzi.


Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.


Eye esi Mawu kpe ɖe Lewi-vi, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka ŋuti la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.


Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbe ƒa wò kafukafu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite