Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata nye hã meɖl gbɔ mi, eye mehɔhɔ mi ɖe dzi le dukɔ blibo la ŋku me; elabena mielẽ ŋku ɖe nye mɔwo ŋu o, eye miede ame dzi le nufiafia me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”

Gade chapit la Kopi




Malaki 2:9
30 Referans Kwoze  

Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Ke amesiwo wobuna bena, wonye nane la — ameka ke wonye o, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋku me o — elabena nye la amesiwo wobuna be, wonye nane la, womegblɔ nyaa ɖeke fiam o;


Ke baba na mi farisitɔwo! Elabena mienaa ahamee kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia, eye mietoa ʋɔnudɔdrɔ̃ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti; ke esiawo le be, miawo, eye miagagblẽ ekeme hã ɖi mawɔmawɔ o.


Ke eya la, esi wòle didim be, yeatso afia na eɖokui la, egblɔ na Yesu bena; Amekae nye hanyevi mahã?


Ke miawo miele ɖa le mo dzi, mietsɔ nufiame na ame geɖewo dze anyi, eye miegblẽ Lewi ƒe nubabla la ɖome. Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Mavuvu miaƒe tatsyɔnuawo, eye maɖe nye dukɔ le mia si me, be maganye nuléle anɔ mia si me azɔ o, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Mixa gblɔ bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowae ƒo nu to dzinye o! Eye wògblɔ be: Mi dukɔwo katã, miele esema?


Kpɔ ɖa, malã alɔ na mi, mahlẽ miaƒe ŋkekenyuiewo ƒe mĩwo ɖe mo na mi, eye woakɔ mi ayi wo gbɔe.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya ava ɖe ŋɔdzinya yome; woadi ŋutega tso nyagblɔɖilawo si, nufiame abu ɖe nunɔlawo, eye adaŋudede de ame tsitsiwo.


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Matsɔ nu nyɔŋuwo axlã ɖe wò, maɖi gbɔ wò, eye matsɔ wò aɖo kpɔdzidzee.


Nyemade ame dzi o, eye nyemavivi nume na amea ɖeke o.


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite