Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nye nu, si mebla kplii la, enye agbetɔ kple ŋutifafatɔ, eye metsɔ vɔvɔ̃ ɖe asi nɛ, evɔ̃m, eye nye ŋkɔ ɖo ŋɔdzi nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ.

Gade chapit la Kopi




Malaki 2:5
14 Referans Kwoze  

Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, nubabla mavɔ wòanye na wo, malé wo ɖe te, madzi wo ɖe dzi, eye mali nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbee.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Emegbe Lewitɔwo nava, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me. Ale naka wo ŋu anyẽ wo enye si.


Tia Lewitɔwo nam ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye tia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe woƒe lãwo teƒe, bena Lewitɔwo nanye Yehowa tɔ.


Eye esi Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, kpɔe la, etsi tre le ha la dome, eye wòtsɔ akplɔ ɖe asi


heti Israel-ŋutsu la yome yi xogã me, eye wòƒo nu ɖe Israel-ŋutsu la kple nyɔnu la siaa ƒe dome floi. Tete dɔvɔ̃ la nu tso le Israel-viwo dome.


Medi be, mana wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te. Sela.


Amesi vɔ̃a Yehowa la, toa mɔ dzɔdzɔe dzi; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, doa vloe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite