Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe.

Gade chapit la Kopi




Malaki 2:16
13 Referans Kwoze  

Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Woƒe kawo mazu avɔ akpɔ o, eye womatsyɔ woƒe dɔwɔwɔwo o; woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔ vɔ̃ɖiwo, eye ŋutasesẽ le woƒe asiwò me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Elabena aba ana kpute, be afɔdadra mana anyi o, eye avɔ makeke, be woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.


Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o.


Eyata dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.


Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nana ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite