Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata miƒo koko na Mawu, ne wòave mia nu. Miawoe wɔnusla, ɖe miebuna be, agalɔ̃ miaƒe nyaa? Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Malaki 1:9
15 Referans Kwoze  

Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me;


Eye nenye nyagblɔɖilawo wonye, eye Yehowa ƒe gbe le wo si la, ekema woaƒo koko na Yehowa Zebaot, ne womagatsɔ nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la, ayi Babel o.


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.


Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.


Ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda blibo la wuia? Ɖe mevɔ̃ Yehowa boŋ, eye wòƒo koko na Yehowa, ale be vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe wo ŋu la, vee oa? Eye ɖe miawo míahe vɔ̃ gã sia ava mia ɖokui dzia?


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


Fɔ nado ɣli le zã le ŋudzɔɣi ƒe gɔmedzedze! Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋku me abe esi ene! Wu wò asiwo dzi nɛ le viwò, siwo dɔwuame na no te wo ŋu ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi la ƒe agbe ta!


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.


Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!


Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ: kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite