Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.

Gade chapit la Kopi




Malaki 1:4
37 Referans Kwoze  

Matsɔ nye hlɔ̃biabia Edom ade asi na nye dukɔ Israel, eye woawo Edom ɖe nye dɔmedzoe kple nye dziku nu, eye wòadze si nye hlɔ̃biabia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖikaa, eye wò duwo atsi anyi aƒedoe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Yehowa be: Mɔkpɔkpɔ le wò ŋkeke, siwo gbɔna la ŋu, eye ɖeviawo agatrɔ va woƒe anyigba dzi,


Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.


Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Woadzo ɖe abɔta na Filistitowo le ƒu gome, eye woaƒo ƒu aɖaha ɣedzeƒeviwo, woake asi ɖe Edom kple Moab ŋu, eye Amon-viwo aɖo to wo.


ke melé fu Esau ya; metsɔ eƒe towo wo gbegbee, eye eƒe ɖomenyinu zu gbedada ƒo na amegãxiwo.


Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?


Míatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko!


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Kpɔ ɖa, ne egbã nane la, amea ɖeke megatunɛ o, eye ne ede ame xɔ la, amea ɖeke meʋunɛ o.


Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?


Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.


Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.


Mi Dedantɔwo, misi, mitrɔ dzo, eye miɣla mia ɖokui ɖe agu me; elabena mahe dzɔgbevɔ̃e ava Esau dzi le gbesigbe mahe to nɛ.


Eyata mise Yehowa ƒe adaŋu, si wòde ɖe Edom ŋu kple eƒe tame, si wòɖo ɖe Temantɔwo ŋu la: Vavã woakplɔ lã kudɔewo adzoe, eye woƒe lãnyiƒe ƒe nu aku ɖe wo ŋu.


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi, mana woazu gbegbe, eye woatsi yi nu, tso Teman vaseɖe Deɖan.


Mawɔ wò nazu agakpe ƒeƒle, ɖɔsiaƒe nazu, eye womagatso wò akpɔ o; Aƒetɔ Yehowa be, nye Yehowa ye gblɔe.


Mado aƒe do wò duwo, eye wò ŋutɔ azu gbegbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.


Magbã vuvɔŋɔlixɔ akpe ɖe ɖzomeŋɔlixɔ ŋu, nyiɖuxɔwo atsrɔ̃, eye xɔ gbogboawo nu ayi; Yehowa ye gblɔe!


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Elabena kpɔ, ɖa, Yehowa le se de ge, tete woagbã xɔ gãwo, eye xɔ suewo agba gudugudu


Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu!


Le ŋuta, si nesẽ le noviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.


Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me.


Ɖe Edom ŋu: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɖe nunyaa ɖeke megale Teman o, adaŋudede bu ɖe nunyalawo, eye wotrɔ nunya ƒo ɖe anyia?


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Edom ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ yi ti nɔvia yome, eye wòmia ŋku ɖe nublanuikpɔkpɔ dzi na eɖokui, ele nu vuvum ɖaa le dɔmedzoe me, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite