Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ke melé fu Esau ya; metsɔ eƒe towo wo gbegbee, eye eƒe ɖomenyinu zu gbedada ƒo na amegãxiwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.”

Gade chapit la Kopi




Malaki 1:3
26 Referans Kwoze  

Le ŋuta, si nesẽ le noviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.


Elabena kpɔ ɖa, mele mia gbɔ, eye matrɔ ɖe mia ŋu, woade agble ɖe mia dzi, eye woaƒã nu ɖe mia dzi!


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mekɔ nye asi dzi heka atam be: Dukɔ, siwo ɖe to ɖe mi godoo la, atsɔ woawo ŋutɔ ƒe ŋukpe!


Babel azu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, azu gbegbe kple tsiãdonu, eye ame avɔ le eme.


Elabena maɖe ama Esau, maklo nu le eƒe bebeƒe dzi, be magatsi ɣaɣlaƒe o. Woatsrɔ̃ viawo, nɔviawo kple eƒe aƒelikawo, eye eya ŋutɔ nu ayi.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Bleziblezi azu tà, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avawo teƒe.


Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Mi Dedantɔwo, misi, mitrɔ dzo, eye miɣla mia ɖokui ɖe agu me; elabena mahe dzɔgbevɔ̃e ava Esau dzi le gbesigbe mahe to nɛ.


Eyata mise Yehowa ƒe adaŋu, si wòde ɖe Edom ŋu kple eƒe tame, si wòɖo ɖe Temantɔwo ŋu la: Vavã woakplɔ lã kudɔewo adzoe, eye woƒe lãnyiƒe ƒe nu aku ɖe wo ŋu.


Xazor azu amegãxiwo nɔƒe, eye woazu gbegbe ɖaa, amea ɖeke matso aƒe ɖe afima o, eye amegbetɔvia ɖeke mana eme o.


Zion-nyɔnuvi, wò vodada se ɖo, eye maganyã wò ade gbe azɔ o. Edom-nyɔnuvi, ahe to na wò vodada, eye aklo nu le wò nuvɔ̃wo dzi.


Ɖe Edom ŋu: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɖe nunyaa ɖeke megale Teman o, adaŋudede bu ɖe nunyalawo, eye wotrɔ nunya ƒo ɖe anyia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite