Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:60 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

60 Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

60 Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”

Gade chapit la Kopi




Luka 9:60
14 Referans Kwoze  

Ke ahosi, si tsa eɖokui de asi na agbeɖuɖu la, ele agbe henye ame kuku.


Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku.


Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi —


Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me,


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.


elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite