Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 Ke etrɔ, eye wòblu ɖe wo ta gblɔ bena: Alo mienyã gbɔgbɔ ka ƒomevi tɔ míenye o ba?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

55 Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:55
24 Referans Kwoze  

Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Ameka ƒe nyawo nèva gblɔ, eye ameka ƒe gbɔgbɔe do tso mewò?


Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.


Eye kpɔ ɖa, amesiwo li kple Yesu la, wo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa, ɖi yi heda nunɔlagã ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Ke Petro xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?


Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.


Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o;


Ke esi nusrɔ̃lawo, Yakobo kple Yohanes, kpɔe la, wogblɔ bena: Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, miana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?


Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite