Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 eye wòdɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ, eye esi wole yiyim la, wova ge ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖe me, be yewoadzra dzeƒe ɖo ɖi nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:52
13 Referans Kwoze  

Nenem me wuieve siawo Yesu dɔ hede se na wo gblɔ bena: Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o;


eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.


Ke Samariatɔa ɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dome trɔ ɖe eŋu;


Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.


Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ɖe miegblɔe de eteƒe bena, Samariatɔ nenye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo o mahã?


Esia enye amesi ŋuti woŋlɔ ɖo bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò.“


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Eye wòva ve me, esi wole mo dzi yina Yerusalem la bena, eto Samaria kple Galilea titina.


Ke ele nɛ be, wòato Samaria ayi.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite