Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:5
13 Referans Kwoze  

Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio.


Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o.


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.


Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi.


Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae.


Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite