Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wòle ɣaɣla ɖe wo bena, ne womagadze sii o, eye wova le nya sia biabia ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:45
15 Referans Kwoze  

Eye womese nusiawo dometɔa ɖeke gɔme o, eye nya sia le ɣaɣla ɖe wo, eye womedze si nusiwo wògblɔ la o.


Eƒe nusrɔ̃lawo mese nusiawo gɔme gbã o; ke esi wokɔ Yesu ŋuti la, tete woɖo ŋku edzi bena, woŋlɔ nu siawo ɖi le eŋuti, eye bena wowɔ nusiawo nɛ.


Eye womese nya, si wògblɔ na wo la gɔme o.


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wova le ebiabia ŋuti.


Toma gblɔ ne bena: Aƒetɔ, mienya afisi nèyina o, eye aleke lawɔ mianya mɔ la mahã?


Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?


Eye wodzra nya la ɖo, eye wobia le wo nɔewo dome bena: Nukae nye tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la mahã?


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Eye nusesẽa ɖe ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gã wu?


Ke esi woƒo wo ɖokui nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena: Wole Amegbetɔvi la ɖe ge asi na amewo


Eyaŋuti nusrɔ̃lawo gblɔ na wo nɔewo bena: Ɖe amea ɖe na nanee woɖu mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite