Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye wòva ve me, esi wole dzodzom le egbɔ la, Petro gblɔ na Yesu bena; Amegã, enyo na mí bena, mianɔ afisia; eye míawɔ agbadɔ etɔ̃, tɔwo ɖeka, Mose tɔ ɖeka, kple Eliya tɔ ɖeka; eye menya nusi gblɔm wòle o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)

Gade chapit la Kopi




Luka 9:33
13 Referans Kwoze  

elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Filipo gblɔ ne bena: Aƒetɔ, fia Fofo la mi, eye aɖi kɔ na mi.


Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo.


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge nye ŋutɔ malaa? Alo woade mawutsi ta na mi kple mawutsi, si woatsɔ ade ta na nye ŋuta mahã?


Eve esi wova ameha la gbɔ la, amea de va egbɔ, eye wòdze klo nɛ


Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Ke Petro ɖo eŋu gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, enyo na mí bena, miano afisia. Ne èlɔ̃ la, mawɔ agbadɔ etɔ̃ ɖe afisia; tɔwò ɖeka, Mose ta ɖeka, eye Eliya to ɖeka.


Ke esi wòle nusiawo gblɔm la, alilikpo va, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi; ke wovɔ̃, esi woyi ɖe alilikpo la me.


Eye Yohanes xɔ dzi gblɔ bena: Amegã, miekpɔ amea ɖe le gbɔgbɔ vɔwo nyẽm le go dom le wò ŋkɔ dzi; eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite