Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 amesiawo ɖe wo ɖokui fia le ŋutikɔkɔe me, eye woƒo nu le eƒe gododo, si nu wu ge wòala le Yerusalem la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:31
14 Referans Kwoze  

amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Ke mado vevie, bena miate ŋu aɖo ŋku nusiawo dzi gbesiagbe le nye dzodzo megbe.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


hegblɔ bena: Ele na Amegbetɔvi la be, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo aɖo vloe, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsu eve wole dze ɖom kplii, amesiwo nye Mose kple Eliya;


Le xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eɖo ŋku Israel-viwo ƒe gododo dzi, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite