Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke mele egblɔm na mi nyateƒelɔe bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia dome, esiwo mele ku ɖɔ ge akpɔ, vaseɖe esime woakpɔ mawufiaɖuƒe la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”

Gade chapit la Kopi




Luka 9:27
11 Referans Kwoze  

Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.


Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.


elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge akpɔ o, vaseɖe esime mawufiaɖuƒe la ava.


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o.


Vavã, vavã mele egblom na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge o vaseɖe ŋkeke ma dzi, esime mano yeye le mawufiaɖuƒe la me.


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite