Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye wògblɔ na wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ bena: Mawu ƒe Kristo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”

Gade chapit la Kopi




Luka 9:20
20 Referans Kwoze  

Bubuwo gblɔ bena: Esiae nye Kristo la. Eye bubuwo hã gblɔ bena: Ɖe Kristo la atso Galilea mahã?


Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?


eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.


Ke Saul sẽ ŋu ɖe dzi gawu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfiã kɔte bena, amesiae nye Kristo.


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.


eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).


Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Ne megblɔe na mi la, miele exɔ ge ase o;


Ke ezi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Nunɔlagã la gabiae gblɔ nɛ bena: Alo wòe nye Kristo, Mawu, si wokafuna la, ƒe Vi mahã?


Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka vi wònyea? Woɖo ŋu nɛ bena: Dawid vie.


Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena: Eliya, eye ame bubuwo bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite