Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:2
14 Referans Kwoze  

eye mida gbe le dɔléla, siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!


le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.


Ke esi amehawo dze sii la, wodze eyome, eye wòxɔ wo, eye wòƒo nu na wo le mawufiaɖuƒe ŋuti, eye amesiwo hiã gbedala la, eda gbe le wo ŋu.


Eye esi wodo go yi la, wode gbe ƒã bena, woatrɔ le woƒe dzi me.


Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.


Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Mieʋuʋu miaƒe ɖu me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe miaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi; gake minya esia bena, mawufiaɖuƒe la gogo.


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã.


Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.


Nenem me wuieve siawo Yesu dɔ hede se na wo gblɔ bena: Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite