Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!”

Gade chapit la Kopi




Luka 8:52
14 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Eye ameha gãa ɖe kple nyɔnu, siwo le konyi kple avi fam ne la, kplɔe ɖo.


le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na Israel-viwo le toa tame abe dzobibi ene.


Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.


Eye esi wòva aƒea me la, meɖe mɔ na amea ɖeke be, wòava me kplii o, negbe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpakple ɖevi la fofo kple dada ko.


Eye wokoe, esi wonyã bena, eku.


Eye ameha, siwo katã va ƒo ƒu ɖe nukpɔkpɔ sia ŋu la, esi wokpɔ nusiwo va dzo la, wogbugbɔ hele woƒe akɔtawo ƒom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite