Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Ke esi nyɔnua kpɔ bena, womeɣla ye o la, eva kple dzodzo nyanyanya, eye wòdze klo ne, eye woxlẽ nusi ŋuti wòde asi eŋu, kple alesi eƒe lãme sẽ enumake la, fia le ameha la katã ƒe ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

47 Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:47
18 Referans Kwoze  

Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ.


Eye miaƒe nu lé dzi nɛ geɖe wu, esi wòɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo la dzi, alesi mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la.


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me;


Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya!


Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu


Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Megbɔdzɔ, eye nye lãme gbã gudugudu, mele ɣli dom wu alesi dzata ɖea gbee.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.


Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.


Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.


Mi mawuvɔ̃lawo katã, miva, ne maxlẽ nusi wòwɔ na nye luʋɔ la, afia miase!


Ke Yesu gblɔ bena: Amea ɖe de asi ŋunye; elabena medze sii bena, ŋusẽ do go tso menye.


Eye wògblɔ ne bena; Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi ɖe ŋutifafa me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite