Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 elabena vianyɔnuvi ɖeka pɛ, si xɔ ƒe anɔ ƒe wuieve la, le esi, eye eya le kudɔ ƒom. Ke esi wòyina la, ameha la mimii ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:42
15 Referans Kwoze  

Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea?


Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


Eye wòyi kplii, eye ameha gãa de dze eyome ale be, womimii do.


Wò amevi, gbesigbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ vevi, nusi vivia woƒe ŋkuwo nu, kple woƒe luʋɔwo ƒe didi, woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ɖa la,


Amevi, mele ku kpatakpata tsɔ ge aɖe nusi vivia wò ŋku nu la ɖa; megaxa nu o, megata avi o, eye wò aɖatsi megado o.


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Woatugu wo tso ŋdi vaseɖe fiẽ, eye woabu nigbi, amea ɖeke madze sii o.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ enye Yairo, amesi nye ƒuƒoƒe ƒe amegã la va, eye wòdze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hele kuku ɖem ne be, wòava ye ƒe me;


Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite