Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ enye Yairo, amesi nye ƒuƒoƒe ƒe amegã la va, eye wòdze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hele kuku ɖem ne be, wòava ye ƒe me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me,

Gade chapit la Kopi




Luka 8:41
15 Referans Kwoze  

Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o!


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Tete wo katã wòlé Sostene, ƒuƒoƒe la ƒe amegã, eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Eye Galio metsɔ ɖeke le nusiawo me o.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Tete la Marta gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


elabena vianyɔnuvi ɖeka pɛ, si xɔ ƒe anɔ ƒe wuieve la, le esi, eye eya le kudɔ ƒom. Ke esi wòyina la, ameha la mimii ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite