Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,

Gade chapit la Kopi




Luka 8:38
24 Referans Kwoze  

Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖana Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã;


Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.


Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?


Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite