Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:37
16 Referans Kwoze  

eye wova la dzi na wo. Eye esi wokplɔ wo do goe la, woɖe kuku bena, woadzo le dua me.


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me.


Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti.


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Eye wode asi kukuɖeɖe me nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me.


Eye kpo ɖa, du blibo la katã do go yi Yesu kpe ge; eye esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me ayi.


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?


Eye Yehowa se nya, siwo miegblɔ nam la, eye Yehowa gblɔ nam bena: Mese nya, siwo katã dukɔ sia gblɔ na wò la, wogblɔ wo katã ɖe eteƒe.


Ke amesiwo kpɔe la, gblɔe na wo, alesi woɖe gbɔgbɔ vɔ̃ to la.


Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite