Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:29
9 Referans Kwoze  

Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.


eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli.


Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ!


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite