Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:27
8 Referans Kwoze  

Eye eya hã ɖe eƒe awuwo ɖi hede asi nyagbɔgblɔ me ɖi le Samuel ŋku me, eye wòɖe ama ɖi ŋkeke blibo ma kple zã blibo la. Eyata wogblɔna be: Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?


Ne amea ɖe de asi amesi wowu kple yi alo ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu le gbe me la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.


amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃.


Eye wòɖo Gadaratɔwo ƒe anyigba, si le Galilea kasa la dzi.


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite