Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.

Gade chapit la Kopi




Luka 8:24
19 Referans Kwoze  

Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.


Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo.


Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.


amesi li kè towo zã le wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzi,


Gake esi wòkpɔ ya le ƒoƒom la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖem!


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku.


Eye wova egbɔ, nyae gblɔ bena; Aƒetɔ, ɖe mi, miele tsɔtsrɔm!


Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi.


Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o.


Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite