Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”

Gade chapit la Kopi




Luka 8:18
25 Referans Kwoze  

Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si nu le esi la, woana nui; ke amesi nu mele esi o la, nusi le esi hã la, woaxɔe le esi.


Elabena amesiame, si nu le esi la, woana nui, woagbã go nɛ: ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe.


Ne amea ɖe susu bena, yedze si nane la, ekema medze si alesi wòdze be, wòadze sii la haɖe o.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.


Miawo la milé nya sia ɖo miaƒe towo me; elabena wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo.


Wònye nye la ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu gɔ̃ hã anɔ asinye hafi, ne ame bubua ɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui;


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite