Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 8:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.”

Gade chapit la Kopi




Luka 8:15
40 Referans Kwoze  

Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;


Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.


Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Ke dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.


Eye Kaldeatɔ, siwo le aʋa wɔm kple du sia la, age ɖe eme, woatɔ dzo du sia, eye eya kple xɔ, siwo ta me wodo dzudzɔ na Baal, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dzikui nam la, afiã.


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ!


Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.


Ke amea ɖeke mesia akaɖi ɣlana ɖe ze te alo tsɔnɛ dana ɖe abati te o, ke boŋ wotsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi, bena amesiwo ge ɖe eme la, nakpɔ keklẽ.


Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite