Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 7:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Fenyila eve wole fetɔ ɖeka si; ɖeka nyi denario alafa atɔ̃, ke bubu nyi blaatɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu.

Gade chapit la Kopi




Luka 7:41
17 Referans Kwoze  

Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na.


Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu,


Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!


Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!


elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim,


Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!


Alo ame wuienyi ma, siwo dzi Siloamɔ̃ mu dze, eye wowu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye tenyilawo wu amesiwo katã no Yerusalem mahã?


eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Israel dzeaglã la tɔ dzɔ wu Yuda dzego la tɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Mía fofo ku le gbeadzi, ke menɔ Korax ƒe ha, si dze aglã ɖe Yehowa ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ tae woku ɖo, eye viŋutsua ɖeke mele esi o


Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã?


Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Simon, nyaa ɖe le asinye, be magblɔ na wò. Eye wògblɔ bena: Nufiala, gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite