Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke esi Yohanes ƒe ame dodowo dzo yina la, ede asi gbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpo ge mieɖo go yi gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum la mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma?

Gade chapit la Kopi




Luka 7:24
14 Referans Kwoze  

bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi.


Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.


Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye mìagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o.


Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me.


Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo“ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene.


Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!


Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Alo nuka gɔ̃ kpɔ ge mieɖo go yie? Alo amesi ɖo awu bɔbɔea? Kpɔ ɖa, amesiwo le awu ŋɔŋɔewo me, eye wole agbe vivi nom la, woawoe le fiamɔ̃wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite