Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.”

Gade chapit la Kopi




Luka 7:16
31 Referans Kwoze  

Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.


Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ,


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu, eye woyɔ fũ kple vɔvɔ̃ hegblɔ bena: Miekpɔ nu makpɔgbeɖewo egbe.


Eye alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti, abe alesi wogblɔ na wo la ene.


Eye vɔvɔ̃ va amesiwo katã ɖe aƒelika kpli wo la dzi, eye woƒo nu le nyadzɔdzɔ siawo katã ŋuti le Yudea-tonyigba blibo la katã dzi.


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.


ne anyigba ƒe mlɔenulɔwo navɔ̃ wò dzesiwo; èna ŋdi kple fiẽ ƒe tsoƒe tso aseye.


Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye wokafu Mawu le tanye.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.


Eye wobiae gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle mawutsi dem ta na amewo, esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã?


Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nenyea? Egblɔ bena: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O.


Egblɔ na wo bena: Ka wòe? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, amesi nye nyagblɔɖila ŋusẽtɔ le nuwɔwɔ kple nyagbɔgblɔ me le Mawu kple dukɔ la ƒe ŋku me;


Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena: Eliya, eye ame bubuwo bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.


Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.


Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“


eye woaxlã wo kple viwò, siwo le mewo la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewo o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite