Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene.

Gade chapit la Kopi




Luka 6:8
19 Referans Kwoze  

eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ,


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


eye migaɖi vo le naneke me le miaƒe adikãtɔwo ŋuti o, esi nye gbegblẽ ƒe dzesi na wo, ke miawo la agbexɔxɔ ƒe dzesi wònye na mi, eye esia tso Mawu gbɔ;


Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Ɖeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo ɖoɖo la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame.


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Azɔ menyae be, ate ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèdo la, mesesẽna na wò o.


Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã?


Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina.


Eye esi Yesu kpoe la, eyae va egbe, eye wògblɔ ne bena: Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite