Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eɖi amea ɖe, si le xɔ; tum, amesi ku do wògoglo, eye wòɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi; ke esi to ɖo, eye tɔsisi ƒo ɖe xɔ ma ŋu la, mete ŋu ʋuʋui o le eƒe tutu nyui ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie.

Gade chapit la Kopi




Luka 6:48
37 Referans Kwoze  

Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Eyata mawumemewo ado gbe ɖa na wò le kpɔwòɣi, ẽ, ne tɔ gawo ɖɔ hã la, womade wo gbɔ o.


Elabena ameka nye mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Eye ameka nye agakpe kpe ɖe mía Mawu la ŋu?


Ne ahomya ƒo la, ekema ame vɔ̃ɖi la nu ayi; ke ame dzɔdzɔe la ali ke tegbee.


Yehowa le agbe; woakafu nye agakpe, eye wòado Mawu, nye xoxo ƒe agakpe la, ɖe dzi.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Ke ana tsi naƒo ɖi bababa, eye wòatsrɔ̃ eƒe nɔƒe, eye wòalsɔ viviti ayɔ eƒe fulɔwo ɖe nu.


Mitso! Mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míagli kple dzidzɔ ɖe míaƒe xɔname ƒe agakpe la ŋu!


Elabena ku ƒe tsitsotsoewo ɖe to ɖem eve gbegblẽ ƒe tɔsisiwo do ŋɔdzi nam.


Yesurun ɖa ami, eye wòda afɔkli. Eye esi nèda ami klã, eye nèkpɔ lãme la, egblẽ Mawu, si wɔ wò la ɖi, eye nedo vlo agakpe, si nye wò xɔxɔ.


Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


eye wògblɔ be: Yehowa enye nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye ɖela.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Elabena woƒe agakpe mede miaƒe agakpe nu o, miaƒe futowo ŋutɔ nyenyametsolawo.


Eɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu, si ƒe dɔme nèdzɔ tso la be.


Amesiame, si va gbɔnye, eye wose nye nyawo, eye wòwɔ wo dzi la, mafia mi, amesi wòɖi:


Ke amesi senɛ, eye mewɔa edzi o la, eɖi amea ɖe, si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo egɔme anyi o, eye tɔsisi ƒo ɖe eŋu, eye wòmu enumake, eye xɔ ma ƒe atidzedze ɖi gblo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite