Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”

Gade chapit la Kopi




Luka 6:38
29 Referans Kwoze  

ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me.


Eye wògblɔ na wo bena: Milé to ɖe nusi Sem miele la ŋuti; dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi.


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Eye nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple eƒe ame nyanyɛ tsãtɔwo katã va egbɔ; woɖu nu kplii le eƒe me, eye wodo baba nɛ hefa akɔ nɛ le dzɔgbevɔ̃e, siwo katã Yehowa he va edzi la ta, eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Ke esi Ester va fia la ŋku me la, ede se woŋlɔ agbalẽ, be eƒe tame vɔ̃, si wòɖo de Yudatɔwo ŋu la, natrɔ va eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye wohe eya kple viawo de ati ŋu.


Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;


ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe,


Ƒe blanyi mexɔ egbe siawo. Ɖe mate ŋu ade vovo nu nyui kple nu manyomanyo domea? Ɖe nusi wò dɔla ɖuna, eye wònona la, gavivia enua? Alo ɖe maganɔ hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo ƒe gbe sema? Nukaŋuti wò dɔla anye agba na nye aƒetɔ fia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite