Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta.

Gade chapit la Kopi




Luka 6:28
13 Referans Kwoze  

Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Eye míedzea agbagba, eye míetsia mía ŋutɔwo míaƒe asiwò wɔa dɔ; ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, mieɖoa dzi tsɔnɛ;


Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!


Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi;


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la,


Aƒetɔ Yehowa be: Matsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzobibi aƒo nu kple dukɔwo ƒe susɔea kpakple Edom blibo la, amesiwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe, woƒe dzi le nu kom nyrenyrenyre, eye wole alɔme ɖem, le esi wotsɔe na wòzu nuhaha la ta.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Filistitɔwo wɔ nu ɖe hlɔ̃biabia me, eye wotsɔ fuléle makumaku ɖe dzi me bia hlɔ̃e le fewuɖuɖu me, be woatsrɔ̃ ame la,


Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite