Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna.

Gade chapit la Kopi




Luka 6:25
33 Referans Kwoze  

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.


Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.


Veve le dzi me wotoa egbɔ koa nu; ke dzidzɔ sia ƒe nuwuwu nyea nuxaxa.


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ.


Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ, ne miakpɔ Abraham kple Isak kple Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le mawufiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Eye wokoe, esi wonyã bena, eku.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.


Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim ɖu Manase; woa kple eve la siaa wotso ɖe Yuda ŋu. Ke to esiawo katã gbɔ ha eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Woanɔ tsa glãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye do awu wo, eye ne do le wo wum la, wòado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Eye ne wofa ko dzi


Elabena alesi aŋɔka wona kpotokpoto le ze gome la, nenema nye bometsilawo ƒe nukoko. Esia ha toflokoe.


Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.


Megblɔ na nukoko be: adaʋae! eye na dzidzɔ be: nuka esia ya awɔ?


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Nenye be, eyra eɖokui le eƒe agbenɔɣi, eye wokafui be, ewɔ nyuie na eɖokui hã la,


wotsɔ abolo tɔ agbate ƒoɖilawo, ke dɔwuitɔwo tasi agbatetsɔtsɔ. Konɔ ke hã dzi adadre, ke vi geɖe dzila ƒe dɔ lé ayi.


Gake baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo.


Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mía ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wo na aʋatsonyagblɔɖilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite