Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Mateo kple Toma, Yakobo, Alfeovi kple Simon, si woyɔna be Zelotes,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mateo, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla;

Gade chapit la Kopi




Luka 6:15
14 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Eye esi wova dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ, si me wonɔna la me: Petro kple Yakobo, Yohanes kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon Zelotes kpakple Yuda, Yakobo vi.


Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Toma, Yakobo, Alfeo vi la, Tadeo, Simon, Kananitɔ la,


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


Eye esi wozi ɖoɖoe megbe la, Yakobo xɔ edzi gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, miɖo tom!


Ke Toma, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Venɔvi la, mele wo dome, esime Yesu va o.


Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.


Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.


Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.


Simon, si woyɔna hã be Petro, kple nɔvia Andrea, Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo,


Yuda, Yakobo vi, kpakple Yuda Iskariot, si zu yomemɔfiala.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite