Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Ke woawo la wogblɔ nɛ bena: Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna atraɖi, eye wonɔa gbe ɖom ɖa, nenema ke farisitɔwo tɔwo hã wɔna; ke tɔwòwo ɖua nu, eye wonoa nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:33
20 Referans Kwoze  

amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana.


Eye Aƒetɔ la gblɔ ne bena: Tsi tre, eye nayi ablɔ, si woyɔna be dzɔdzɔe la me, eye nabia amea ɖe, si ŋkɔ nye Saul tso Tarso la ta se le Yuda-ƒe me; elabena kpɔ ɖa, ele gbe ɖom ɖa,


Azɔ nyahehe ɖo Yohanes ƒe nusiawo kple Yudatɔwo dome le ŋutikɔklɔ ŋuti.


Esi ŋu gake la, Yohanes gatsi tre kple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve,


Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Eye ne mieɖu nu no nu la, ɖe menye mia ŋutɔwoe nye nuaɖulawo kple nuanolawo oa?


Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!


Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.


eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.


Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite