Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu, eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖua nu henoa nu kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:30
16 Referans Kwoze  

Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


elabena farisitɔwo kple Yudatɔwo katã la, ne womeklɔ asi nyuie o la, womeɖua nu o; ale wonɔa ŋku lém ɖe amegãwo ƒe ko la ŋuti vevie;


ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye wòbia wo bena: Nuka miele nu sẽm kpli wo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite