Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:29
9 Referans Kwoze  

Ke nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo katã nɔa egbɔ vam nɔa to ɖomii.


Ke ne dzimaxɔsetɔwo dome amea ɖe kpe mi, eye mielɔ̃ be, yewoayi la, miɖu nusianu, si wotsɔ ɖo mia kɔme la, eye migabia eta se o le dzitsinya ŋuti.


Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.


Eye wòva ve me bena, esi wòle kplɔ̃a ŋu le eƒe me la, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo bɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo, elabena ame geɖe wonye dze eyome.


Eye wòva me, esime wòle kplɔ̃ ŋuti le aƒea me la, kpɔ ɖa, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo va, eye wobɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo.


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite