Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu, eye woyɔ fũ kple vɔvɔ̃ hegblɔ bena: Miekpɔ nu makpɔgbeɖewo egbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”

Gade chapit la Kopi




Luka 5:26
13 Referans Kwoze  

Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.


Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.


Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe?


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Eye wokafu Mawu le tanye.


Eye vɔvɔ̃ va amesiwo katã ɖe aƒelika kpli wo la dzi, eye woƒo nu le nyadzɔdzɔ siawo katã ŋuti le Yudea-tonyigba blibo la katã dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite