Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?

Gade chapit la Kopi




Luka 5:22
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ mieʋuʋu, eye nukaŋuti ɖikeke ɖo miaƒe dzi me mahã?


Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Eye esi wòdze sii la, egblɔ na wo bena: Nuka miele di kem be, mietsɔ abolo de asi o mahã? Ɖe miedze si nu kpo haɖe alo se nu gome hã oa, alo miaƒe dzime ɖe wògasẽ mahã?


Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Ke nye la, menya woƒe nuwɔwɔwo kple tameɖoɖowo. Azã su, be woaƒo dukɔwo katã kple aɖe wo nu ƒu, eye woava akpɔ nye ŋutikɔkɔe la.


Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi


Tameɖoɖo vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nya dzeto dzana le eŋku me.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ: wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, eye nazɔ azɔli mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite