Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:17
20 Referans Kwoze  

Eye ameha la katã ɖi be, yewoado asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.


Ke Yesu gblɔ bena: Amea ɖe de asi ŋunye; elabena medze sii bena, ŋusẽ do go tso menye.


Eye Mawu wo ŋusẽdɔ, siwo mele sue o la, to Paulo ƒe asi dzi,


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.


Eye farisitɔwo kple agbalẽfialaa ɖewo, siwo tso Yerusalem va la, ƒo ƒu ɖe egbɔ.


Eye enumake Yesu dze sii le eɖokui me bena, ŋusẽ do go tso ye me, eye wòtrɔ de ameha la gbɔ gblɔ bena: Amekae de asi nye awu ŋu mahã?


Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo tso Yerusalem va Yesu gbɔ gblɔ bena:


Ke amesi woa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.


Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;


Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo li liʋiliʋi gblɔ bena: Amesia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye woɖua nu kpli wo.


Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite