Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke geɖe wu nya la de dzi le eŋuti, eye ameha geɖewo va ƒo ƒu be, yewoase nya, eye be wòada gbe yewo ŋu le yewoƒe dɔlélewo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:15
13 Referans Kwoze  

Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Nenem eƒe ŋkɔ nyo kaka ɖe afima-nyigba katã dzi!


Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.


Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.


Eye ameha geɖewo yi kplii, eye wòtrɔ gblɔ na wo bena:


Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.


Nenema ke dɔwɔwɔ nyuiwo hã li, siwo dze ƒã, eye esiwo to vovo la, womate ŋu aɣla wo o.


Ke woawo la, esi wodo go ko la, wona eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima-nyigba blibo la katã dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite