Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wòva ve me bena, esime wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe li, si ŋu yɔ fũ kple anyi, ke esi wòkpɔ Yesu la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”

Gade chapit la Kopi




Luka 5:12
27 Referans Kwoze  

Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.


Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Esi Yesu le Betania le Simon, dzɔbutɔ la ƒe me la,


Eye Yehowa gagblɔ nɛ bena: Tsa wò asi ƒo ɖe wò axatome! Eye wòtsɔ eƒe asi ƒo de eƒe axatome. Esi wògaɖee ɖa la, anyi ƒo ɖe eƒe asi ŋuti fu tii.


Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.


Naeman enye Aram-fia ƒe aʋafia, exɔ ŋkɔ le eƒe aƒetɔ gbɔ, eye bubu le eŋu, elabena eya dzi Yehowa to na dziɖuɖu Aram; enye kalẽtɔ, gake edze anyi.


Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!


Eɖo ŋu be: Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azu medo enye si! Tete Yosua tsyo mo anyi hede ta agu, eye wòbiae bena: Nya ka le nye aƒetɔ si na eƒe dɔla?


Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


Eye anyidzela ene le agboa nu, amesiwo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukaŋuti mianɔ afisia, vaseɖe esime míaku?


Eyata Naeman ƒe anyi la ade ɖe mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee! Tete wodzo le eŋku me, eye anyi ƒo ɖe eŋu fu kpii.


Ne adzu la mie, eye wòfu ɣie la, ekema ame la nava nunɔla gbɔ.


Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite