Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi wòkplɔe yi to kɔkɔa ɖe dzi la, eɖe xexeme fiaɖuƒewo katã fiae le aɖabaƒoƒo ɖeka me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me,

Gade chapit la Kopi




Luka 4:5
11 Referans Kwoze  

elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.


kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.


Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae,


Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite