Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye esi ŋu eke la, edo go heyi gbedzi, eye amehawo dii, eye wova egbɔ, eye wosikae ɖi, bena megadzo le yewo gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum.

Gade chapit la Kopi




Luka 4:42
10 Referans Kwoze  

Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Azɔ esi ameha la kpɔ bena, Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo mele afima o la, woa ŋutɔwo ɖo duwo me, eye wova Kapernaum hele Yesu dim.


Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ bena, wòanɔ yewo, gbɔ, eye wònɔ afima ŋkeke eve.


Eye wozi edzi gblɔ bena: Na anyi kpli mí, elabena zã le dodom, eye ŋkeke la yi vɔ. Eye wòyi de eme, be yeanɔ anyi kpli wo.


Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite