Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo.

Gade chapit la Kopi




Luka 4:40
12 Referans Kwoze  

eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋuta gblɔ bena: Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu, va ne natsɔ wò asi ada de edzi, bena eƒe lãme nasẽ, eye wòatsi agbe.


ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.


nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi.


elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu.


Ke esi Yesu see la, eɖo ʋu dzo le afima, eye wòƒo asa yi ɖe gbedzi. Eye esi amehawo see la, woto afa tso duawo me va dze eyome.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye mete ŋu wɔ ŋusẽdɔa ɖeke le afima o, negbe dɔléla ʋeea ɖewo ko ŋu wòda gbe le, le esime wòda asi ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite